50 Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.
50 Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.
Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.
ke boŋ mivɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, ne wòaɖe miatso miaƒe futɔwo katã si me.
Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu se de amesiwo vɔ̃nɛ la dzii.
ayra amesiwo vaa Yehowa, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.
Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee!
Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.
Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.
Woade ga nu na aʋatsoka-nuyiwo, amesiwo gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu le ɖaɖa kple vloɖoɖo me.
Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.
ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi la nu.
bena ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam, eye kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.
Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo!