37 Elabena naneke mese na Mawu o.
37 Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.”
Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si.
Wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, meva o, la Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Eliya dzi la nu.
Ke esia mesɔ gbɔ le Yehowa ŋku me o, ke boŋ atsɔ Moabitɔwo ade asi na mi,
Nu alesi nu mienya la, nye hã menyae; míe kple miawo la kpo ɖeka dzi míele.
Oo, Aƒetɔ Yehowa, ètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ, si le dzi la, wo dziƒo kple anyigba, naneke mekpe na wò akpa o,
Kpɔ ɖa, nyee nye Yehowa, ŋutilãwo katã ƒe Mawu; ɖe mado kpo nanea?
Ale Yehowa Zebaot gblɔesl: Ne enye nukunu na dukɔ sia ƒe susɔea le ɣemaɣi la, ɖe wòanye nukunu na nye ha loo? Yehowa Zebaot ye gblɔe
Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖe Yehowa ƒe asi to ɖe emea? Azɔ àkpɔe be, nye nya la le eme loo, alo mele eme o.
Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.
Eye Yesu kpɔ wo du gblɔ bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.
Eye kpɔ ɖa, Elisabet, wò ƒometɔ la, fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge le eƒe nyagãkuku me, eye ɣleti sia enye adelia na eya, amesi woyɔna be konɔ.
Eye Maria gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye, ava me nam le wò nya la nu. Eye mawudɔla dzo le egbɔ.
Eye wògblɔ bena: Nusiwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔe le Mawu gbɔ.
amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.