Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:30
13 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa ve Noa nu.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o!


Enumake Yesu ƒo nu na wo gblɔ bena: Miaƒe dzi nèdze me, nye enye esi; migavɔ̃ o hee!


Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele.


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa