Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke eƒe dzi lã kpo le nya la ŋuti, eye wòde ŋugble sẽ bena: Nuka gbedoname gɔ̃ enye esi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Maria ɖi vo, eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ. Edze agbagba bu ta me le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:29
12 Mawu Ofanana  

Eye woawo ke ɖi le wo nɔewo dome gblɔ bena, le esi yewometsɔ abolo ɖe asi o la ŋutie.


Eye esi Zaxarya kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi.


Eye esi mawudɔla va me le egbɔ la, egblɔ nɛ bena: Medo gbe na wò, wò amesi nu wòve! Aƒetɔ la li kpli wò.


Eye amesiwo katã see la, wòlée ɖe ta me le gbɔgblɔm bena: Nuka gɔ̃ ɖevi sia ava zu mahã? Elabena Aƒetɔ la ƒe asi hã li kplii.


Ke Mana lé nya siawo katã ɖe ta me, eye wobu wo ŋuti le eƒe dzi me.


Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.


Ke esi Petro tsi dzodzodzoe le eɖokui me, nusi ŋutega, si yekpɔ la lanye la, kpɔ ɖa, ŋutsui siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la, le Simon ƒe aƒe ta biam hele tsitre ɖe agbo la nu;


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa