Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 1:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Zaxarya gblɔ na dɔla la bena: Nuka me madze si nusia le mahã? Elabena nye la amegã ɖeɖi menye, eye srɔ̃nye hã xɔ ƒe geɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?”

Onani mutuwo Koperani




Luka 1:18
10 Mawu Ofanana  

Ke egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ Yehowa, nuka me madze sii le bena, màtsɔe anyi domee mahã?


Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?


Tete Sara ko nu ɖe dɔ me gblɔ bena: Esi metsi lé ayi ale la, ɖe nu agavivi nunyea? Eye ye aƒetɔ hã ku amegã ɖeɖi!


Ke fia ŋu me, si ƒe alɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la, ɖo ŋu na Mawu ƒe ame gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa aɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe esia ava mea? Eɖo ŋu nɛ be: Kpɔ ɖa, akpɔe kple wò ŋkuwo, ke maɖu ɖeke o!


Eye Xizkiya gblɔ be: Nuka nye dzesi be, mayi Yehowa ƒe me?


Eye Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã?


Ke vi mele wo si o, elabena Elisabet tsi ko, eye woa kple eve la siaa woxɔ ƒe geɖe.


Eye megbɔdzɔ le xɔse me o, mebu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã, si ku xoxo la, esi wòxɔ ƒe, si ano ƒe alafa, kple Sara ƒe vidzidɔ, si ku la o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa