Luka 1:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191317 Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be, wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ kple tosẽlawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya me, ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi woasu te na Aƒetɔ la. Onani mutuwoAgbenya La17 Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.” Onani mutuwo |
Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.