6 Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe, eye milé gɔmesese ƒe mɔ tsa tẽ!
6 Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me.
Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.
Nunyamɔ fiam mele wò, eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔe.
Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.
Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,
Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,
Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!
Elabena wò ŋkekewo asɔ gbɔ to dzinye, eye agbenɔƒewo adzi ɖe edzi na wò.
Elabena amesi ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe, eye wòkpɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi.
Fianyɔnuwo le wò ame veviwo dome; fiasrɔ̃ le Ofir-sikanuwo me tsi tre ɖe wò nuɖusi me.
Amesi dzraa amehehe ɖo le ele agbemɔ dzi; ke amesi mebua mokaname o la, etra mɔ.
Vinye, see, eye nadze nunya, eye naɖo wò dzi mɔ dzɔdzɔe dzi.
ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.
Nye dɔla Dawid anye fia ɖe wo nu, eye kplɔla ɖeka ana wo katã si, woazɔ ɖe nye sewo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.