6 Mele nye xa ƒe fesre nu kpa nu to adzrala nu.
6 Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu, hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me.
Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu.
Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.
ne woadzra wò ɖo tso nyanu tutɔ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me.
Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene, ele tsitre ɖe míaƒe gli te xoxo. Ele nu kpɔm to fesre nu, eye wòɖo ŋku ɖe adzrala nu.
Sisera dada do mo ɖe fesre nu, eye wòdo ɣli to adzralawo me gblɔ bena: Nukaŋuti eƒe tasiaɖamwo gbe vava, eye nukaŋuti eƒe sɔwo ƒe afɔzi tsi megbe ale?