Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Bla wo ɖe wò asibidewo ŋu, eye naŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 7:3
11 Mawu Ofanana  

Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;


Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe.


Blae ɖe wò dzi ŋu dam eye naxatsae ɖewò kɔ ŋu.


Gblɔ na nunya be: nɔvinye nènye, eye nayɔ xɔlɔ̃ na gɔmesese;


Eyata yi naŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo gbɔ, eye naŋlɔe ɖe agbalẽ me, ne wòanɔ anyi anye ɖase tegbee le ŋkeke, siwo gbɔna la me.


Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!


Wotsɔ ganuŋlɔnu kple lotamekpe tsutsuẽ ŋlɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo ɖe woƒe dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋu.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa