7 Eyata mi viwo, miɖo tom, eye migate ɖe aga le nye numenyawo ŋu o.
7 eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom, migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o.
Nyemete ɖa le wò ɖoɖowo ŋu o, elabena wòe fia num.
Vinye, megana woate da le ŋkuwò me o; le nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesie;
Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, mido ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese.
Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe.
Eyata, mi viwo, miɖo tom, eye milé to ɖe nye numenyawo ŋu.
Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;