Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa, womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 4:16
13 Mawu Ofanana  

Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui.


Eƒe nu me nya enye vovlo kple alakpa: edzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ.


Elabena woƒe afɔwo le tsɔtsɔm ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be woakɔ ʋu ɖi.


amesiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu, eye wole aseye tsom ɖe godzedze vɔ̃ɖi ŋu,


Ɖe kɔ ɖa le eŋu, eye megato edzi o; dze le eŋu, eye nato eŋu ayi


Ke ame vɔ̃ɖiwo fe abe atsiaƒu dzeagbo ene, elabena mate ŋu anɔ anyi kpoo o, eye eƒe tsiwo le bà kple gbeɖuɖɔ ɖem ɖe go.


Amesiame flua ehavi, eye wometoa nyateƒe o; wona alakpadada ma woƒe aɖe, eye wokua kutri le nu tovo wɔwɔ me.


Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,


Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.


Eye esi ŋu ke la, dumegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo ɖi anyi, eye wokplɔe heyi ɖe woƒe takpekpe la me gblɔ bena: Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


ke aʋafia gã Lisia va, eye wòxɔe le mía si kple sesẽ heyii.


ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa