Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tsɔ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãlɔwo du bubu Yehowa ŋu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 3:9
30 Mawu Ofanana  

Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.


Tete nunɔlagã Azarya tso Zadok-ƒe me ɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Tso esime wode asi nudzɔdzɔ tsɔtsɔ me va Yehowa-ƒe me la, mieɖu nu ɖi ƒo, eye wòkpɔtɔ taŋtaŋ, elabena Yehowa yra eƒe dukɔ la, eyata nu gbogbo siawo kpɔtɔ.


Eye nusiwo katã gome wòdze le Mawu ƒe a ƒe ŋu dɔwo me le nufiafia kple se la nu, be wòatsɔ aɖi eƒe Mawui la, ewɔe kple eƒe dzi blibo, eye wòdze edzi nɛ.


ne míaƒe nudzraɖoƒewo nayɔ kpaŋ ahaɖe nuwo tsyo ƒomevi anɔ nanam; míaƒe alẽwo nadzi akpe, eye woadzi ɖe dzi akpe nane le míaƒe lãnyiƒewo;


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Wò agblemenu gbãfa, siwo nèƒã la, natso ava Yehowa, wò Mawu ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.


Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.


Mètsɔ wò alẽviwo sa numevɔ nam o, eye mètsɔ wò akpedavɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nuɖuvɔsawo do agba na wò o, alo tsa dzudzɔ ʋeʋẽe dodo ɖe fu na wò o.


Ke le ƒe atɔ̃lia me miekpɔ mɔ aɖu woƒe tsetsewo, bena woatse ɖe dzi na mi geɖe. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatali ahana; eya nanye adzɔ tso miaƒe lu, siwo mieƒo la me.


Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi.


Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.


hena Lewitɔwo — elabena womexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o — kple amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, amesiwo le wò du me la, nakpɔ nu aɖu aɖi ƒo, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔ, siwo katã nèwɔna la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa