Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 27:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Dziku la, nu nyayrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ale ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Dziku la ŋutasẽlae eye dɔmedzoe la agbodzelae, ke ame ka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 27:4
18 Mawu Ofanana  

Eye wòkpɔ alẽhawo kple nyihawo hekpe ɖe kluvi geɖewo ŋuti, ale bena Filistitowo ʋã ŋui.


Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.


Ke esi Onan nya bena, ɖeviawo manye ye tɔ o la, ɖaa ne edɔ nɔvia srɔ̃ gbɔ la, enana tsi la duduna ɖe anyigba, bena yemagado ƒome ɖi na nɔvia o.


Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.


Dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.


Kpe la, nu kpekpee, eye ke la, agbae; ke bometsila ƒe dziku kpena wu wo ame eve la.


Elabena ŋutsu ƒe dziku ɖe wòʋãa ŋu, eye mekpɔa nublanui le hlɔ̃biagbe o.


Tsɔm wɔ ŋkɔslgɛ ɖe wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, eye ŋuʋaʋã se wu tsleƒe, eƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒade wònye!


Elabena ènyae bena, ŋuʋaʋã ŋutie wotsɔe de asi ɖo.


Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.


Ke nunɔlagã la tsi tre kple amesiwo le eŋu la, siwo nye zadukitɔwo ƒe kɔmamã, eye woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã.


Eye esi tɔgbuiawo le ŋu ʋãm Yosef la, wotsɔe ƒle ɖe Egipte; ke Mawu ti kplii,


amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa;


menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.


Tso gbemagbe dzi Saul va Dawid kpɔ ge ɖe ƒomevii.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa