9 Bometsila ƒe tameɖoɖo enye nuvɔ̃, eye fewuɖula enye ŋunyɔ na amegbetɔwo.
9 Bometsinuwo ɖoɖo nye nu vɔ̃ eye amewo tsria fewuɖula.
Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,
Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.
Melé fu adzɔveeɖulawo, ke melɔ̃a wò se la.
Dadala kple adegbeƒola, si wɔa nu tovo vivivo la, woyɔna be fewuɖula.
Ne ènyã vlodola ɖa la, ekema dzrewɔwɔ hã dzo, eye nyawɔwɔ kple dzu nu yi.
Egblɔ na wò be, „Ɖu nu, nano nu!“ ke eƒe dzi mele ŋuwò o, elabena alesi wòbu de dzi me la, nenema eyama le.
Amesi ɖoa vɔ̃ be, yeawɔ la, eya woyɔna be ame vɔ.
Fewuɖulawo ƒlɔa dzo ɖe ɖu ŋu, ke nunyala faa dɔmedzoe nu.
Amesi le mɔnu fiam fewuɖula la, kplɔa ŋukpe ƒua eɖokui, eye amesi le mo kam na ame vɔ̃ɖi la, dzu wònyena nɛ.
Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.
Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?
Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.
ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.
Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?
Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.
esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo;