3 Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee,
3 Nunya wotsɔna tua xɔe eye gɔmesese wotsɔna ɖoa egɔme anyie,
Ekema wò ŋkɔ ade du tegbee, eye woagblɔ be: Yehowa Zebaot enye Mawu ɖe Israel nu, eye wò dɔla Dawid ƒe aƒe nali ke le ŋkuwò me!
Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.
Nunya tu xɔ, eye wòkpa eƒe sɔti adreawo,
Eyae nye amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, etsɔ eƒe nunya ɖo xexeame te, eye wotsɔ eƒe sidzedze keke dziƒo me.
Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.
eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, eye miagba go le akpedada me.