Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“
Mia dome nyɔnu, si wɔa nu ɖe fewu me, eye wòɖua ve me vivi, ewɔa atsyɔnu kple fewunu, eye mete kpɔ ɖo eƒe afɔƒome anyigba kpɔ o la, abia ŋku ɖe srɔ̃a, si le egbɔ, viaŋutsu kple vianyɔnu ŋu,
Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.