Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 22:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vɛ.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 22:4
17 Mawu Ofanana  

Yehowa-vɔvɔ̃ hea agbe vɛ, ame aɖi ƒo ana anyi, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava edzi o.


Nu xɔasiwo kple ami le nunya ƒe me, ke bometsila tsɔa wo doa dzodzoe.


Amesi ti dzɔdzɔenywnye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.


Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.


Ŋu kple adoboliwo le mɔ dzi na alakpatɔ; amesi kpɔa eƒe agbe ta la, ƒoa asa na wo.


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


Agbenɔnɔ didie le eƒe ɖusi me, eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me.


Nyonyo le alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa le, ele be, woakafui.


eye dziɖeɖi, xɔname geɖe, nunya kple sidzedze anɔ wò ŋkekewo me; Yehowa-vɔvɔ̃ anye wò kesinɔnu.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa