Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 21:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ŋutsu be mɔwo katã dzɔ le eŋku me; ke Yehowa ye daa dziwo kpɔna.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu gake Yehowae daa dziwo kpɔ.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 21:2
18 Mawu Ofanana  

ekema nedam le nudanu nyuitɔ dzi, eye Mawu nadze si nye fɔmaɖimaɖi.


Ame vɔ̃ɖi ƒe dzidada ƒe gbe le nye dzi me be: Mawu ƒe vɔ vɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na o.


Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ŋku me; ke nunyala doa to aɖaŋuɖoɖo.


Ame ƒe zɔzɔmewo katã dzana le eya ŋutɔ ŋku me; ke Yehowa ye daa gbɔgbɔwo kpɔna.


Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.


Sonu li de klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.


Ame geɖewo doa go amesi kɔa mo ɖe wo; ke amesi ŋu woaɖo dzi ɖo la, afika woakpɔe le?


Ne ègblɔ be: „Míenyae o“ la, kpɔ ɖa, amesi da dziwo kpɔna la, adze sii, eye amesi ɖea ŋku ɖe wò luʋɔ la, anyae, eye wòaɖo eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu.


nenema nye dzidzime, si buna be, yedza, gake mele eƒe ɖiƒoƒo kpɔm o;


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Tekel: Woɖa wò le nuɖanu me, ke èle hodzoe akpa.


Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye amesiwo le afia tsom na mia ŋu tɔwo mia ɖokui le amewo ƒe ŋku me, gake Mawu nya miaƒe dziwo me; elabena nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.


Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.


Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa