Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 20:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ŋɔdzi, si le fia ŋu la, le abe dzata ƒe gbetete ene, amesi do adãe la, eto vo ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene ame si do dziku nɛ la bua eƒe agbe.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 20:2
10 Mawu Ofanana  

Eye fia Salomo ta Yehowa bena: Mawu nafiam agadiam ɖe dzi, ne menye Adoniya ɖe wògblɔ nya sia ɖe eƒe agbe ŋuti o ti!


Eyata meta Yehowa ƒe agbe, amesi li kem, eye wona mebɔbɔ no fofonye Dawid ƒo fiazikpui dzi, eye wòtso aƒe nam, abe alesi wògblɔ ene la be: Adoniya aku egbea!


Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene.


Ke amesiwo dam ƒu la, wowɔ nu vevi wo ɖokui; amesiwo katã lé dim la, ku lɔ̃m wole.


Ne dziɖula ƒe ɖɔmedzoe bi ɖe ŋuwò la, megaɖe afa le tewòƒe o, elabena tufafa tsia nuvɔ gãwo nu.


Woakplɔ Yehowa ɖo, ne eɖe gbe be dzata ene; elabena ele gbe ɖe ge, eye ɣetoɖoƒeviwo aɖe abla ava.


Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?


Eɖo ŋukpe ɖe ta me ɖe wò aƒe ŋu, esi nèbe, yeatsrɔ̃ dukɔ geɖewo, eye nègblẽ wò agbe dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa