Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 elabena nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 2:10
15 Mawu Ofanana  

Nyemete ɖe aga le eƒe nuyi ƒe sewo ŋu o, eye medzra eƒe nu me nyawo ɖo wu nye ŋutɔ nye se.


Nye susuwo avivi enu; nye la, Yehowa ŋu ko makpɔ dzidzɔ ɖo.


Wo nyawo vivi na nye veme wu anyitsi le nye nu me.


Wò ɖaseɖiɖiwo nye nye domenyinu tegbee, elabena woawoe nye nye dzi ƒe dzidzɔ.


Dzi le dzɔyem ɖe wò ŋugbedodo la ŋu, abe amesi kpɔ aboyonu geɖe ene.


Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wonye ɖaa.


Yehowa vɔvɔ̃ dza, eye wònɔa anyi daa; Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ.


ne gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpulwo nadze si nu, eye woabu tame;


Nunya le nugɔmeselawo ƒe dzi me, eye wòɖea eɖokui fiana le bometsilawo dome.


Elabena enye, nenye be, nèdzra wo ɖo ɖe wò dzi me, eye wo katã woli ɖe nuyi ŋu na wò.


Megaɖe asi le eŋu o, ekema adzra wò ɖo; lɔ̃e, ekema akpa tawò.


Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa