Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 2:1
21 Mawu Ofanana  

Nyemete ɖe aga le eƒe nuyi ƒe sewo ŋu o, eye medzra eƒe nu me nyawo ɖo wu nye ŋutɔ nye se.


Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!


ne woaxɔ amehehe, si fiaa gɔmesese ame, dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ na ame ɖokui;


Amesi dzraa se ɖo la, vi nyanue; ke amesi tsoa nutsuɖuɖu ɖoa dɔe la, dea ŋukpe fofoa ŋu.


Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;


Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, mido ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese.


Vinye, see, eye naxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe, ekema agbenɔƒe geɖe anɔ asiwò.


Blae ɖe wò dzi ŋu dam eye naxatsae ɖewò kɔ ŋu.


Vinye, dzra nye nuƒoƒo ɖo, eye naɣla nye sededewo ɖe gbɔwò.


Ɖe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?


Nunya tu xɔ, eye wòkpa eƒe sɔti adreawo,


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.


Ke Mana lé nya siawo katã ɖe ta me, eye wobu wo ŋuti le eƒe dzi me.


Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.


Miawo la milé nya sia ɖo miaƒe towo me; elabena wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo.


Eye mele ƒu godo, ne woagblɔ be: ameka atso ƒu ayi atsɔe vɛ na mi, be míase, ne miawo edzi o.


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa