Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 19:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nudzodzro tamebubu manɔmee menyo o, eye amesi do du eƒe afɔ la, ada aƒu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee alo atsi dzi ahabu mɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 19:2
18 Mawu Ofanana  

Tete wo dometɔ ɖeka yi gbe me, be yeada ama, eye wòkpɔ gbemekaa ɖe, eye wogbe treklɔnuwo le edzi lɔ ɖe avɔ me fũ, eye wògbɔ va flii ɖe zea me, ke womedze sii o.


Nenye ɖe metsɔ aʋatsokaka ɖo dɔe, eye nye afɔ tsona ɖe alakpadada ŋu la,


Elabena woƒe afɔwo le tsɔtsɔm ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be woakɔ ʋu ɖi.


Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi kplɔa ame geɖewo; ke numenya wua bometsilawo.


Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ ɖoa boblo bometsitsi.


Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ; ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.


Megatsi klokloklo dzi de dzrewɔwɔ ŋu o, elabena nuka nawɔ emegbe, ne hawòvi do ŋukpe wòa?


Woayra nuteƒewɔla geɖe; ke amesi tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.


Ŋubiala le yɔyɔm ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be, hiã le ye dzi va ge o.


Ele ŋutsu, si tsi klokloklo dzi le nuƒoƒo me la, kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Nyagblɔla sia la menye nunyala ko o, ke boŋ eda sidzedze dukɔ la, edo nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo.


Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Eye esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nana agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa