Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.
Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!
Eye nyɔnu la va dukɔ blibo la gbɔ kple eƒe aɖaŋudzedze la, eye wotso ta le Seba, Bixri vi la nu tsɔ ƒu gbe ɖe Yoab. Tete woku kpẽ, eye woka le du la ŋu, eye amesiame yi ɖe eƒe agbadɔ me. Emegbe Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem.
Fia la gblɔ nɛ bena: Wo abe alesi wògblɔ ene; da nui ƒu anyi, eye natsɔe aɖi, ne naɖe ʋu maɖifɔ, si Yoab kɔ ɖe anyi la ɖa le mía kple fofonye ƒe aƒe la ŋu.