Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 15:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe; ke amesi bua mokaname la, adze nunya.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 15:5
19 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o, nenye be, ele ewɔm atraɖi hã. Meɖoa gbe ɖa ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu.


Mitrɔ kɔ ɖe nye mokaname ŋuti. Kpa ɖa, mana nye gbɔgbɔ nado bɔbɔbɔ, eye mana miadze si nye nyawo.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Salomo ƒe lododowo. Ɖevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.


Yi nyanu sea fofoa ƒe amehehe; ke mokaname metsɔa fu ɖe fewuɖula ŋu o.


Ahedada kple ŋukpe ava amesi gbe amehehe la dzi; ke amesi bu mokaname la, woade bubu eŋu.


Aɖe fafɛ enye agbeti; ke ne alakpa le eŋu la, enye abidede dzi ŋu.


Kesinɔnu bɔ ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe me: ke gbegblẽ le ame vɔ̃ɖi ƒe nukpɔkpɔ me.


Se aɖaŋuɖoɖo, eye naxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nadze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me.


Nuxlɔ̃la nyanu enye sikasigɛ kple kɔgɛ, si wotsɔ sika nyuitɔ tui la, na to senu.


Elabena akaɖie nye se la, kekelie nye nufiame la, eye agbemɔ enye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la.


Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me,


Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa