4 Aɖe fafɛ enye agbeti; ke ne alakpa le eŋu la, enye abidede dzi ŋu.
4 Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.
Elabena hiãkpela kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi ɖe dɔme nam.
Agbevudo enye ame dzɔdzɔe ƒe nu, ke ŋutasesẽ yɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.
Amea, ɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.
Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.
Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe; ke amesi bua mokaname la, adze nunya.
Nya dzeto la anyitsi wonye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.
Ŋutsu ƒe dzidodo tsɔa eƒe fukpekpewo, ke ne wɔna vɔ le dzidodo ŋu la, ameka atsɔ eya?
Sakplitɔ ƒe nyawo le ahe nuɖuɖu ŋanɛ ene, woɖea ɖɔme ke.
Sakplitɔ ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene, eye wodea keke dɔ me ke.
Agbeti wònye na amesiwo lee ɖe asi, eye woayra amesi vãe goŋgoŋ la.
Fia nusiawo, eye nanɔ nuxɔxlɔ̃ dzi! Ne amea de fia nu bubu, eye meléna de Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nya, siwo le blibo, kple nufiafia, si le mawusubɔsubɔ nu la, nu o la,
Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.