Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 13:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Amea ɖewo ɖoa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; amea ɖewo ɖoa ame dahe wo ɖokui, ke nu hɔ ɖe wo si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o, ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 13:7
17 Mawu Ofanana  

Amea ɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; amea ɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana.


Ame tsa, si si subɔla le la, nyo wu amesi le asi tɔm akɔ, gake abolokoe le ewɔm.


Kesinɔnu, si wotso hosuhosudodo kpɔe le azu ʋee, ke nusi woƒo ƒu ʋeʋeʋe la, adzi ɖe dzi.


Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbee; ke ame dahe mesea ŋɔdzidonyaa ɖeke o.


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.


Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.


Míeɖi ƒo xoxo, míezu kesinɔtɔwo xoxo, miegblẽa mi ɖi ɖua fia; ɖe miaɖu fia gɔ̃, bene miawo hã míaɖu fia kpakpli mi la, ne anyo!


Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o;


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Eye wodo ablɔɖenyenye ŋugbe na wo, wònye woa ŋutɔwo la gbegblẽ ƒe dɔlawo wonye hafi: elabena amesi ɖu amea ɖe dzi la, eya ke wɔnɛ kluvi.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.


Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa