Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 13:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Dzɔdzɔenyenye kpɔa amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la ta; ke nu tovo wɔwɔ ƒua nu vɔ̃ɖi wɔlawo anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Dzɔdzɔenyenye dzɔa ŋutsu fɔmaɖila ƒe agbe ŋuti, ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi léa nu vɔ̃ wɔla ƒua anyi.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 13:6
14 Mawu Ofanana  

Eye Salomo gblɔ bena: Ne enye nuteƒewɔla la, ekema eƒe taɖaa ɖeke mage ɖe anyigba o: ke ne woakpɔ vɔ̃a ɖe le eŋu la, ekema aku.


Nusia zu nuvɔ̃ na Yerobeam ƒe aƒe la, esi na be, wògblɔe, eye wotsɔe ɖa le anyigba dzi.


Esa vo na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye! Ke wòtrɔ zu mɔ̃ na eya kple Israel blibo la.


Woayra amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, amesiwo zɔna le Yehowa ƒe se la me.


Nena dzoka nadza ɖe wo dzi, netsɔ wo ƒu dzo kple ʋe me, be womegafɔ akpɔ o.


Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me;


Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò.


Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!


Yehowa ƒe mɔ enye mɔ̃ sesẽ na fɔmaɖila, ke enye gbegblẽ na nu madzɔmadzɔ wɔlawo.


Amesiwo si alakpadzi le la, ŋunyɔ wònye na Yehowa; ke amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyea eŋu.


Fɔmaɖi enye nuteƒewɔlawo kplɔla; ke alakpa tsrɔ̃a ame mawɔnuteƒewo.


Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòkplɔa gbegblẽ ƒua ame vɔ̃ɖiwo.


Ame vɔɖi ŋutɔ ƒe vodadawo lénɛ, eye eƒe nuvɔ̃ ƒe ka ɖenɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa