Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Amesi ƒe azɔlime ŋu fɔɖiɖi mele o la, azɔ dedie; amesi glɔ̃ eƒe mɔ la, asi atui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me, ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 10:9
17 Mawu Ofanana  

Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Kpɔ ɖa, Mawu medoa vlo mawuvɔ̃lawo o, eye meléa nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.


Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.


Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Amesi si alakpadzi le la, makpɔ nu nyuia ɖeke o, eye amesi ƒe aɖe medoa mɔ ɖeka o la, age ɖe dzɔgbevɔ̃e me.


Ne fuléle ɣla ɖe beble me ha la, aɖi go le dutoƒo.


Amea ɖeke menyãa ame vɔ̃ɖiwo ɖe nu, hafi wosina o; ke ame dzɔdzɔewo ɖea dzi ɖi abe dzatavi ene.


Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, woakpe ɖe eŋu; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, adze anyi zi ɖeka


Ekema ale wò mɔ atsɔ dedie, eye wò afɔ makli naneke o.


Eyaŋuti migavɔ̃ wo o, elabena naneke meli wotsyɔ nu edzi, si womelé ɖeɖe ge afia o; eye wometsɔ naneke hã ɣla, si womete nyanya ge o.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Nenema ke dɔwɔwɔ nyuiwo hã li, siwo dze ƒã, eye esiwo to vovo la, womate ŋu aɣla wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa