Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 10:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Amesi nunya le tagbɔ na la, xɔa sedede na eɖokui: ke bometsila si glãgbɔ li na la, ɖea eɖokui gbegblẽ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo, ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 10:8
15 Mawu Ofanana  

Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me.


ne nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi, eye mɔ sɔsɔe nasu nugɔmesela si;


Amesi miãa ŋku ɖe ame la, hea dziku ve; bometsila, si glãgbɔ li na la, ɖea eɖokui gbegblẽ me.


Nunyalawo dzraa sidzedze ɖo; ke bometsila ƒe nu te ɖe gbegblẽ ŋu.


Amesi lɔ̃a amehehe la, elɔ̃a sidzedze; ke amesi léa fu mokaname la, gbemelãe.


Nuyiwo ƒe ɖaɖaƒu enye mɔ̃ na vɔ̃ɖitɔ la; ke ame dzɔdzɔe sina le hiã nu.


Amesi kpɔa eƒe nu dzi la, dzraa eƒe luʋɔ ɖo; ke amesi ke eƒe nuyiwo la, gbegblẽ aɖi kpee.


Agbagbadzedze hea viɖe ve; ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã vɛ.


Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.


Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.


Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.


Nyia, si tso nunyala nu la, nyo; ke bometsila ƒe nuyi gblẽa eya ŋutɔ ɖokui dome.


Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa