Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 10:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 10:7
20 Mawu Ofanana  

Matsɔ to ɖeka ana via, be akaɖi nakpɔtɔ na Dawid le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem du, si metia na ɖokuinye, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.


Makpɔ du sia ta, eye maɖee, le nye ŋutɔ kple nye dɔla Dawid ta.


Eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me ɖe fiawo gbɔ, elabena ewɔ nyui na Israel kple Mawu kpakple eƒe aƒe la.


Eye Xizkiya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe to dzi mɔ, si yi Dawid viwo ƒe yɔdowo gbɔ la to. Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo ɖe bubu eŋu le eƒe ku me, eye via Manase zu fia ɖe eteƒe.


Womeɖoa ŋku edzi le anyigba dzi o, eye eƒe ŋkɔ buna le ablɔ me.


Dadaa ƒe akɔ aŋlɔe be, avivi nyẽwo nu, eye womagaɖo ŋku edzi o; woaŋe ame vlo abe ati ene,


Woƒu akpe ɖe ete, eye wòɖu tse ɖe eŋu wòdzo le enɔƒe.


Woatsrɔ̃ eƒe dzidzimeviwo, eye woƒe ŋkɔ netutu ɖa le ƒome, si adze eyome la me!


ke boŋ woana Yehowa ŋku me ɖaa, eye netsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi!


Elabena ke maɖe le ete akpɔ o tegbee; ame dzɔdzɔe anɔ anyi hena ŋkuɖoɖodzi tegbee.


Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.


Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi.


Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!


Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesiuɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.


Emegbe mekpɔ woɖe ame vɔ̃ɖiwo yɔ me, eye woyi gbɔɖemeƒe; ke ele na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la be, woaʋu adzo le teƒe kɔkɔe la, eye woŋlɔ wo be le dua me. Esia hã tofloko wònye.


Eyata Yehowa Zebaot be: Matso ɖe wo ŋu, Yehowa Zebaot be: Matsrɔ̃ ŋkɔ kple ame susɔeawo, viwo kple dzidzimeviwo ɖa le Babel ŋu.


Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!


Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia le, le xexe blibo la katã la, woaƒo nu le nusi nyanu sia wo la hã ŋuti hena ŋkuɖoɖo edzi.


bena ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe bɔbɔnyenye ɖa; elabena kpɔ ɖa, tso esia dzi la ƒomewo katã woayɔm be yayrame,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa