Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yayra ava ame dzɔdzɔe ƒe ta dzi, ke ŋutasesẽ ɣla de ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me.

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 10:6
14 Mawu Ofanana  

Eye esi fia la trɔ tso fiasã ƒe abɔ me va xɔ, si me wono, wein le me la, kpɔ ɖa, Haman tsra ɖe kuntrunu, si dzi Ester nɔ anyi ɖo la dzi, fia la gblɔ be: Fiasrɔ̃ hãe wòbe, yealé sesẽ le aƒe me le gbɔnyea? Esi nya sia nya do le fia nu ko la, wotsyɔ nu mo na Haman xoxo.


Ame tsiasi ƒe yayra vaa dzinye, eye mewɔa ahosi ƒe dzi wòtsoa aseye.


Dzime dzɔdzɔe tɔwo kpɔe, eye dzi dzɔ wo, eye vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã miã nu.


Agbevudo enye ame dzɔdzɔe ƒe nu, ke ŋutasesẽ yɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.


Amesi ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la, vi nyanue, amesi dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi wɔŋukpenanue.


Amesi mia asi ɖe bli dzi la, amewo aɖo ɖiŋu nɛ, ke yayra ava blidzrala ƒe ta dzi.


Ke amesiwo hea to la, yayra ava wo dzi fu.


Woayra nuteƒewɔla geɖe; ke amesi tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.


Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖi la ƒe me, ke eyraa ame dzɔdzɔe la nɔƒe.


Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.


Le ŋuta, si nesẽ le noviwò Yakob ŋu ŋuti la, ŋukpe anyẽ atsyɔ wò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe la, ekema yayra siawo katã ava dziwò, eye woaɖi na wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa