Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ne gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpulwo nadze si nu, eye woabu tame;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya kple sidzedze sɔhɛwo,

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 1:4
19 Mawu Ofanana  

Yehowa kpɔa amesiwo ŋu wɔna mele o la ta; megbɔdzɔ, ke exɔ nam.


Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.


Aleke ɖekakpui alẽ eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu.


Edzena ɖe dziƒo ƒe mlɔenu, eye wòtrɔna va eƒe mlɔenu, naneke meɣlana ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.


Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnua ɖeke mehiãa wo o.


Vinye, megana woate da le ŋkuwò me o; le nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesie;


Nye, nunya, gbɔe ayedzedze te, eye asinye mee tamebubu vavã ƒe sidzedze le.


Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.


Eyata, mi viwo, miɖo tom. Woayra amesiwo dzra nye mawo ɖo.


Mi bebewuwo, mixɔ ayedzedze na mia ɖokui, eye mi bometsilawo, míxɔ gɔmesese na mía ɖokui!


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be „mo tata kɔkɔe.“ Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mo o, keke gegemewo ke hã.


Milé ŋku ɖe wo ŋu, eye miawɔ wo dzi, elabena woawo nye miaƒe nunya kple gɔmesese le dukɔwo ŋku me, amesiwo ne wose ɖoɖo siawo katã la, woagblɔ bena: Ahã, dukɔ sia enye ame nyanuwo kple nugɔmeselawo vava!


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa