2 ne woadze nunya kple amehehe, eye woase nuƒoƒo nunyatɔwo gome,
2 na nunya kple amehehe, na nya goglowo gɔmesese,
Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.
Aleke gbegbe nunyakpɔkpɔ mehenyo wu sikae, ete gɔmesesekpɔkpɔ meheƒo klosalo tae o!
Nukata bometsila lé ga ɖe asi be, yeaƒle nunyae, evɔ tagbɔ mele esi o ɖe!
Se aɖaŋuɖoɖo, eye naxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nadze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me.
Ekema ase dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe kple nuteƒewɔwɔ gɔme; mɔ nyuiwo katã gɔme nase;
Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, mido ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese.
Gblɔ na nunya be: nɔvinye nènye, eye nayɔ xɔlɔ̃ na gɔmesese;
Miɖo to amehehe, ne miadze nunya, eye migagbee o.
Mi bebewuwo, mixɔ ayedzedze na mia ɖokui, eye mi bometsilawo, míxɔ gɔmesese na mía ɖokui!