Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Lododowo 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ne wogblɔ be: Yi kpli mi, míade xa ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu, eye míanɔ adeklo dzi ɖe ame maɖifɔ ŋu naneke mawɔmawɔe,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,

Onani mutuwo Koperani




Lododowo 1:11
19 Mawu Ofanana  

Woɖi dzata, si di be, yeavuvu nu, kple dzatavi, si be ɖi la.


Elabena yakatsyɔ woɖo dɔ de ŋunye, eye yakatsyɔ woɖe ʋe na nya luʋɔ.


Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawo vɔ̃ ɖe ŋunye.


Elabena woƒe afɔwo le tsɔtsɔm ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be woakɔ ʋu ɖi.


Woawo la woawo ŋutɔ ƒe ʋu ŋue wole xa ɖem ɖo, eye woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋue wole adeklo dzi ɖo.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya ɖea xa ɖe ameʋu ŋu; ke dzi me dzɔdzɔetɔwo ƒe nu ɖea wo.


Wò ame vɔ̃ɖi, megade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe nɔƒe ŋu o; megagblẽ eɖɔƒe o.


Amesi woa kple fiafitɔ womã nu, eye wòse ɖiŋudodo, gake metoe o la, ele fu eya ŋutɔ ƒe agbe.


nenema nye dzidzime, si ƒe aɖuwo nye yi, eye eƒe tsyowo nye hɛ, ne woaɖu hiãtɔwo ɖa le anyigba dzi kple ame dahewo ɖa le amegbetɔwo dome.


Ke nye la mele abe alẽvi mamlã, si wokplɔ yina wuwu ge ene, nyemenyae be, woɖo la me ɖe ŋunye o be: Mina míawu ati la kple eƒe tsetsewo, eye míatsrɔ̃e ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ne womagaɖo ŋu eƒe ŋkɔ azɔ o.


Elabena ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ la dome, woɖe xa ɖi, eye wodo dɔgɔ̃e abe xevimɔ̃trela ene; wotre mɔ̃ heɖe amegbetɔwo!


Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo.


Gake bena woawu nya, si woŋlɔ ɖe woƒe sea me la nu bena: „Woléa fum dzodzro!“


Eyaŋuti azɔ la miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo mina aʋafia gã la nanyae, bena wòakplɔe aɖi va mia gbɔ, abe ɖe miele eƒe nya la gɔme bia ge ase tsitotsito awu tsãtɔ ene, eye miawo la miesu te bena, hafi wòate va la, miawui.


hebia amenuveve tso egbɔ bena, wòana woakplɔe ava Yerusalem, elabena wole xa me be, yewoawui le mɔ dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa