Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Mof aɖi wo. Dza ato ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi, eye aŋɔka amie ɖe woƒe agbaɖɔwo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo. Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia, eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 9:6
32 Mawu Ofanana  

Elabena Yoaxaz ƒe aʋakɔ, si ko kpɔtɔ di nɛ la, le sɔdola blaatɔ̃, tasiaɖam ewo kple afɔzɔla akpe ewo; elabena Aram-fia tsrɔ̃ wo, eye wòwɔ wo abe ke, si wofanya kple afɔ ene.


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Eye kpɔ ɖa aŋɔka yɔ eme taŋ, gbe to ɖe eme, eye eƒe kpegliwo mũ.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Zoan-amegãwo zu bometsilawo, Nof-amegãwo flu wo ɖokui, amesiwo nye woƒe ƒomeawo ƒe dzogoekpewo na Egipte le nagbanagba kum.


Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.


Aŋɔkawo kple ŋuwo mie ɖe nye dukɔ la ƒe anyigba dzi kple du sevivi la ƒe dzidzɔxɔwo katã me.


Aŋɔka amie ɖe eƒe fiasãwo me kple dzawo kpakple ŋuwo ɖe eƒe mɔ̃ sesẽwo me, eye wòazu aƒe na amegãxiwo kple kpɔtɔtɔ na goloviwo.


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Eye wòava me le ɣemaɣi be, afisi weinka akpe le, eye woxɔa klosalo sekel akpe la, lazu aŋɔka kple ŋuwò.


Nof-viwo kple Taxpanes-viwo hã woaɖu gbe le wò dzodome.


Eyata minyae kokoko be, miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me, le teƒe, si le mia dzrom miebe, yewoaɖanye amedzro le la.


Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya hena Yudatɔ, siwo katã le Egipte-nyigba dzi, amesiwo le Migdol, Taxpanxes, Nof kple Patros-nyigba dzi la, enye si:


Makplɔ Yuda ƒe ame susɔea, siwo tsɔ ŋku ɖo Egipte-nyigba dzi yiyi ŋu, be woaɖanye amedzro le afima la, eye wo katã woatsrɔ̃; woatsi Egipte-nyigba dzi, eye woatsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame si me: ɖeviwo kple tsitsiawo siaa aku ɖe yi kple dɔwuame si me, eye woazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu.


Mahe to na amesiwo le Egipte-nyigba dzi ta, abe alesi metsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ he to na Yerusalem ene.


Mido kpo le Egipte, miɖe gbe ƒã le Migdol, eye miɖe gbe ƒã le Nof kple Taxpanxes! Migblɔ bena: Tso nadzra ɖokuiwò ɖo, elabena yi le nu ɖum le ŋuwò godoo.


Egipte-nyɔnuvi, do mɔzɔgba na ɖokuiwò; elabena Nof azu aƒedo, eye woagblẽe, ame navɔ le eme.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsrɔ̃ legbawo, eye mana trɔ̃wo nu natso le Nof, amegãa ɖeke maganɔ Egipte-nyigba nu azɔ o, eye makaka ŋɔdzi ɖe Egipte-nyigba dzi.


Matɔ dzo Egipte: Sin alé ku ŋɔdzitɔe, woagbã No, eye woaxaxa Nof ɖo le ŋdɔkutsu dzatsɛ.


Woatsrɔ̃ nuxeƒe, siwo Israel tsa wɔ nuvɔ̃e la ɖa le Awen, ŋuwo kple aŋɔkawo alo ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo bena; Mitsyɔ mía dzi! eye na togbɛwo be: Mimũ dze mía dzi!


Woadzo tso Egipte abe xeviwo ene, eye abe ahɔnewo ene tso Asur-nyigba dzi, eye mana woanɔ woƒe aƒewo me; Yehowa ye gblɔe.


Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena ahasiviwo wonye.


Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.


Baba na wo, elabena wodzo le gbɔnye! Gbegblẽ neva wo dzi, elabena wotrɔ ʋu le yonyeme! Mebe, maɖe wo, ke woawo da alakpa ɖe asinye.


Wotrɔ, ke menye ɖo ta dziƒo o, eye wole abe dati doagblɔ ene; woƒe amegãwo atsi yi nu le woƒe aɖe ƒe nyanyrã la; esia woatsɔ aɖe alɔmee le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.


Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Mi ʋe me nɔ-lawo, mifa avi, elabena woatsrɔ̃ asitsalawo katã kple amesiwo do klosalogba ɖe ta.


Esi Israel-ŋutsuwo kpɔ be, woɖo hiã me, eye dukɔ la ɖo xaxa me la, woɣla ɖe dowo kple ŋuvegoewo, agadowo, mɔwo kple ʋewo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa