Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye meɖo ŋku anyi kpɔ Efrayim vaseɖe Tiro be: wodoe ɖe lãnyiƒe, ke Efrayim akplɔ viawo ayi na amewula.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani aɖe abe Tiro ene, gake Efraim akplɔ viawo ade asi na amewula.”

Onani mutuwo Koperani




Hosea 9:13
13 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi Menaxem tsrɔ̃ Tapuax kple nusiwo katã le eme kpakple eƒe nutowo me, elabena esi wotso Tirza va la, womeʋu agbo nɛ o, eyata wòsi wo, eye wòdze ƒo le woƒe funɔwo katã nu.


Ne viawo dzi ɖe dzi la, ekema yi tae wonye, eye abolo maɖi ƒo na eƒe dzidzimeviwo o.


eye matsɔ mi aƒu gbe atso nye ŋku ta, abe alesi metsɔ mia nɔviwo katã, siwo nye Efrayim ƒe ƒome blibo la ƒu gbee ene.


Ƒo nu: Yehowa ƒe gbe enye si: Amegbetɔwo ƒe kukuwo ana anyi abe gbeɖuɖɔ le agble me ene, eye abe lubabla le nuŋelawo megbe, siwo amea ɖeke meli aƒo wo nu ƒu o la ene.


Eyɔ ŋɔdzi ɖe ŋunye godoo abe le ŋkekenyuieɖugbe ene, eye amea ɖeke mesi alo susɔ le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o. Amesiwo dzi mekpɔ, eye menyi wotsi la, nye futɔ tsrɔ̃ wo.


eye nagblɔ na Tiro bena: Wò, si le atsiaƒu to, eye nèle asi tsam kple dukɔwo yi ƒukpo geɖewo dzi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tiro, ele gbɔgblɔm be: „Menyo eteƒe mekɔ o.“


Aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome, eye woagbã wò mɔ̃ sesẽwo katã, abe alesi Salman gbã Bet-Arbel, eye wòxlã dadawo kple viwo ɖe nu la ene.


Medze wo dzi abe sisiblisinɔ, si ŋu woɖe vi le la ene, maflo tsrokpa da le woƒe dzi ŋu, maɖu wo abe dzatanɔ ene, eye gbemelãwo avuvu wo.


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Ati ŋɔɖua enye Efrayim, woƒe kewo ayrɔ, eye womatse ku o; ne wobe, yewoadzi vi hã la, mawu woƒe dɔmevi, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Srɔ̃wò awɔ gbolo le dua me, wò ŋutsuviwo kple wò nyonuviwo atsi yi nu, eye woatsɔ dzidzeka amã wò anyigbae, wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ dzi, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa