Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 9:12
23 Mawu Ofanana  

Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋuti ŋutɔ, eye wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta; wo dometɔa ɖeke mekpɔtɔ o, negbe Yuda-to la ko.


vaseɖe esime Yehowa ɖe Israel ɖa le eƒe ŋku ta, abe alesi wògblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo katã dzi ene, eye wòkplɔ Israel tso eƒe anyigba dzi yi Asur vaseɖe egbe.


Ne viawo dzi ɖe dzi la, ekema yi tae wonye, eye abolo maɖi ƒo na eƒe dzidzimeviwo o.


Eyata matsɔ lugbɔnu agbɔ wò le anyigba la ƒe agbowo nu, maɖe vi lé nye dukɔ, si gbe tɔtrɔ tso eƒe mɔwo dzi la ŋu, eye matsrɔ̃e.


Yerusalem, na woaka mo na wò, ne nye luʋɔ magadzo le gbɔwò, eye matso wò awɔ gbegbe kple anyigba zu aƒedoe o.


Yehowa ɖo ŋku anyi, ne nakpɔ nu, ameka newɔ esiae? Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi, ɖevi, siwo dzi wokpɔa? Ɖe woawu nunɔla kple nyagblɔɖila ɖe Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒe laa?


Eyɔ ŋɔdzi ɖe ŋunye godoo abe le ŋkekenyuieɖugbe ene, eye amea ɖeke mesi alo susɔ le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o. Amesiwo dzi mekpɔ, eye menyi wotsi la, nye futɔ tsrɔ̃ wo.


Baba na wo, elabena wodzo le gbɔnye! Gbegblẽ neva wo dzi, elabena wotrɔ ʋu le yonyeme! Mebe, maɖe wo, ke woawo da alakpa ɖe asinye.


Eye meɖo ŋku anyi kpɔ Efrayim vaseɖe Tiro be: wodoe ɖe lãnyiƒe, ke Efrayim akplɔ viawo ayi na amewula.


Ati ŋɔɖua enye Efrayim, woƒe kewo ayrɔ, eye womatse ku o; ne wobe, yewoadzi vi hã la, mawu woƒe dɔmevi, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o.


Yehowa atsrɔ̃ ŋutsu, si wɔa nusia la ɖa le Yakob ƒe agbaɖɔwo me akpe ɖe vi kple fɔgbulyɔvi kpakple amesi saa vɔ na Yehowa Zebaot la ŋuti.


Ŋkeke blane, siwo mietsɔ ɖatsa ŋku le anyigbaa dzii la, nu miatsɔ miaƒe vodadawo ɖo ƒe blane; ŋkeke ɖeka nanye ƒe ɖeka, bena miadze su bena, metrɔ le mia yome.


Elabena Yehowa gblɔ na wo bena. Woaku le gbeadzi, eye wo dometɔa ɖeke masusɔ o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko.


Aɖi wò dɔmevi kple wò agblemenukuwo kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo ŋu.


Woatsɔ viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo na dukɔ bubuwo, wò ŋkuwo akpɔe, eye woano dzrowòm ŋkeke blibo la katã, gake womelé wò ŋusẽ te o.


Eye mado dɔmedzoe ɖewo ŋu ɣemaɣi, magblẽ wo ɖi, eye maɣla nye ŋku me ɖe wo, be woatsrɔ̃ wo, dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe ava wo dzi; tete woagblɔ le ɣemaɣi bena: Menye esi Yehowa mele mia dome o la, vɔ̃ sia va mia dzi ɖo oa?


Yi aɖu nu le gota, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, vidzĩewo kple amegã taɣìwo siaa.


Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome vaseɖe Xaroset-Goyim; eye Sisera ƒe aʋakɔ blibo la tsi yi nu, ame ɖeka hɔ̃ hã mekpɔtɔ o.


Ke Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le Saul dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃e ɖe tso Yehowa gbɔ va noa fu ɖem ne.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa