Eye woagbã wo, abe alesi zemela ƒe ze gbãna gudugudu, ale be sonu gaglɛa ɖeke menɔa gbagbã la me, si woatsɔ aɖe dzo le adokpo me, alo woatsɔ aɖu tsii le vudo me o la ene.
Ɖe ze gbagbã, si ɖi gbɔ, enye Xonya sia loo, alo ze, si ƒe nu menyoa amea ɖeke ŋu o la, wònyea? Nukata wonyã eya kple viawo de gbe, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, si womenya o la dzi?
Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de, ne woawu mi, eye makaka mi ahlẽ, ne mianɔ abe agba xɔasi, si ge dze anyi ene!
Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe lãnyiƒewo katã, mekpɔ wo ta o, eghã Yuɖa-nyɔnuvi ƒe mɔ̃ sesẽwo wosɔ kple anyigba le eƒe dziku me, eye wogblẽ ka ɖo na fiaɖuƒe la kple eƒe amegãwo.
eyata gblɔ nya ɖi gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wogblẽ mi, eye wole tsyo dam ɖe mia ŋu le goawo katã me, ne miazu dukɔ susɔeawo tɔ, eye amewo le nu ƒom le mia ŋu hele aɖeɖi ƒom mi la,
Yehowa ana wò futɔwo nasi wò, mɔ ɖeka dzi nato aho aʋa ɖe wo ŋu, ke mɔ adre dzi nato asi le wo nu, ale bena natrɔ zu bibi na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.
Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme, eye àsubɔ mawu bubu, siwo nye ati kple kpe, eye mia kple fofowòwo mienyã o la, le afima.