Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Efrayim tsaka kple dukɔwo: Efrayim le abe abolo, si woƒo de afi dzi, eye wometrɔe o la ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo, eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 7:8
15 Mawu Ofanana  

Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, amegãwo va gbɔnye gblɔ bena: Israel-dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo meɖe wo ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo. Moabitɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ƒe ŋunyɔnuwo me o;


Eyata migatsɔ mia vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo o, eye migaɖe woƒe vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o; migadi woƒe ŋutifafa kple woƒe nyui tegbee o, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu, eye miaɖu anyigba dzi nu nyuitɔwo, eye miagblẽe ɖi na mia viŋutsuwo wòanye wo tɔ tegbee.


ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔwɔwo.


Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.


Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.


Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, ke medze sii o; eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o.


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


matsrɔ̃ amesiwo dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo la, akpe ɖe amesiwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Milkom la siaa ŋu;


Yuda wɔ nu tovo, eye wowɔ ŋunyɔnu le Israel kple Yerusalem. Elabena Yuɖa gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe, si gbɔ melɔ̃a nu le o, eye wode mawu tutɔ ƒe nyɔnuvi.


Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa