Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wofiaa woƒe kplɔlawo. Woƒe fiawo katã mu dze anyi, gake ɖeke meyɔm kpɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 7:7
27 Mawu Ofanana  

Baesa wui le Yuda-fia Asa ƒe ƒe etɔ̃lia me, eye wòzu fia ɖe eteƒe.


Esi Zimri kpɔ bena, woxɔ dua la, eyi ɖe fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me, eye wòtɔ dzo fia ƒe xɔ la ɖe eɖokui dzi, eye woku


Ke amesiwo ku ɖe Omri ŋu la, sẽ ŋu wu amesiwo ku ɖe Tibni, Ginat vi ŋu; eye Tibni ku, eye Omri zu fia.


Tete wògblɔ be: Milé wo agbagbe! Eye wòlé wo agbagbe hewu wo ɖe takpexɔ la ƒe do me; wole ŋutsu blane vɔ eve, eye mena wo dometɔa ɖeke si o.


Esime agbalẽ la ɖo wo gbɔ la, wolé fiavi blaadreawo wu, eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me ɖo ɖee le Yezreel.


Tete Salum, Yabes vi, ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wòwui le Yibleam hezu fia ɖe eteƒe.


Tete Menaxem, Gad vi, tso Tirza ho va Samaria, eye wowu Salum, Yabes vi la, hezu fia ɖe eteƒe.


Tete eƒe fia ŋu me Pekax, Remalya vi, ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wòwui le fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me le Samaria: Arkob kple Arye kpakple ŋutsu blaatɔ̃, siwo nye Gilead-viwo, kpe ɖe eŋu, eye wòwui hezu fia ɖe eteƒe.


Tete Xosea, Ela vi, ɖo nugbe ɖe Pekax, Remalya vi la ŋu, eye wòwui hezu fia ɖe eteƒe le Yotam, Uziya vi ƒe ƒe blavelia me.


Ke Yehu vu ete da me, eye wote megbe na Yoram, eye aŋutrɔ la ŋɔ eƒe dzi ɖi go, eye wòmũ dze eƒe tasiaɖam me.


Eye wògblɔ bena: Mitu asii ƒu anyi! Tete wotu asii ƒu anyi, eye eƒe ʋu hlẽ ɖe gli kple sɔwo ŋu, eye wofanyae.


Dɔmedzoe le dzi ta na eme vlowo, eye ne ede ga wo la, womeƒoa koko o,


Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa?


Yakob, menye wòe yɔm o, eye Israel, mèdze agbagba le ŋunye o.


Edo go amesi wòa nu dzɔdzɔe kple dzidzɔ, kpakple amesiwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi. Kpɔ ɖa, eɖo dɔmedzoe, eye míezu nuvɔ̃wɔlawo; miele eme eteƒe didi, ɖe woagaɖe mía?


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.


Eye Yehowa tsrɔ̃ la kple asike, deʋaya kple keti ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.


Medi ame le wo dome, si aɖo gli, eye wòatsi tre ɖe gbagbãƒe le ŋkunye me ɖe anyigba la nu, ne magagblẽe o, ke nyemekpɔ ɖeke o.


Dzɔgbevɔ̃e siawo katã va mía dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe sea me ene; ke míeƒo koko na Yehowa, mía Mawu la, ne míaɖe asi le míaƒe vodadawo ŋu, eye míalé ŋku ɖe eƒe nyateƒe ŋu o.


Afika wò fia le azɔ, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me, eye afika wò ʋɔnudrɔ̃lawo le, amesiwo ŋu nègblɔ le be: „Na fia kple amegãwom?“


Magagbugbɔ ayi nɔnyieƒe, vaseɖe esime woafufu ŋku ahadi nye ŋku me; ne wodo xaxa me la, woadi yonyeme mɔ.


Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o.


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.


Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa