Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Le míaƒe fia ƒe ŋkekenyuie dzi la amegãwo tsɔã wein ƒe dzoʋuʋu dea dɔ lã me na wo ɖokui; ebɔa ha kple fewuɖulawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la, dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 7:5
20 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ɖu eƒe dzigbe, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã, eye wòɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me le eƒe dɔlawo katã ƒe ŋku me.


Eye wòva me, esi fia la se Mawu ƒe ame la ƒe nya, si wògblɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋuti le Betel la, Yerobeam do asi ɖa tso vɔsamlekpuia dzi gblɔ bena: Milée! Tete eƒe asi, si wòdo ɖe egbɔ la, dze ti, eye mete ŋu gabii ɖe akɔ me o.


Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, amesi metsia tsitre ɖe nuvɔ̃wɔlawo fe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o;


Metsɔ akpanya wɔ nye avɔe, eye mezu hamelo na wo.


Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.


Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.


Baba na Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le weinmulawo ƒe bali wɔnu ta me!


Eyata mi fewuɖulawo, dukɔ sia, si le Yerusalem la ƒe dziɖulawo, mise Yehowa ƒe gbe:


Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.


Azɔ woƒe nuwɔwɔwo ɖe to ɖe wo, eye wotsɔ woƒe alakpadada do dzidzɔ na amegãwo


Ke esi woɖu Herodes ƒe dzigbe la, Herodia ƒe vinyɔnuvi la va ɖu ɣe le wo titina, eye wòdze Herodes ŋu.


Eye le ŋkeke, si dze eƒe dzi ŋu dzi la Herodes tu aglo le eƒe dzigbeŋkeke dzi na eƒe amegãwo kple aʋafia gãwo kpakple Galilea-me ŋkutawo;


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa