Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 7:14
23 Mawu Ofanana  

Esi wòtɔ ŋdi la, wome numevɔsawo, eye wotsɔ akpedavɔsawo ve, eye dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, ɖu nu, eye wono nu. Emegbe wotsi tre de asi fefe me.


Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


Yehowa be: Azɔ dɔ ka le ŋunye le afi, esi wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ? Yehowa be, wo dziɖulawo le aseye tsom, eye wole alɔme ɖem le nye ŋkɔ ŋu gbeawotsyogbe ɖaa.


Kpɔ ɖa, nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miado ɣli le dzi ƒe vevesese ta, eye miafa avi le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.


Ede woƒe agunu to, eye wòto ke, wotsi, eye wotsea ku hã. Etsɔ de woƒe nu gbɔ, ke èle adzɔgedzɔgee na woƒe dzi.


Ke to esiawo katã gbɔ hã nɔvianyɔnu Yuda dzego la metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu, Yehowa ye gblɔe!


Eƒe dzi do ɣli na Aƒetɔ la. Zion-nyɔnuvi ƒe gli, na wò aɖatsi nasi abe tɔʋu ene zã kple keli; megagbɔ ɖe eme o, eye megana wò ŋkuvi nakpɔ gbɔdzɔe o.


Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be.


Israel, wò gbegblẽ wònye, be nètso de nye, wò xɔnametɔ ŋu.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“


Wole ɣli dom nam be: Nye Mawu, mi Israel-viwo míedze si wò!


Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.


Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti!


woyi agble ɖaxa woƒe weintsetsewo hewɔ wein, eye woɖu akpedadaŋkekenyuie: woyi de woƒe mawu ƒe me ɖu nu no nu, eye woɖo ɖiŋu na Abimelex.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa