Esi woɖo kpe gã, si le Gibeon gbɔ la, tete Amasa va ɖo go wo. Ke yi le Yoab si le eƒe aʋawu, si wòɖo la te, eye wòta yi, si le aku me la, ɖe edzi le aklito, eya ɖo le eme hege ɖe anyigba.
Enya nusi Yoab, Zeruya vi la wɔm, nusi wòwɔ Israel ƒe aʋafia eveawo Abner, Ner vi, kple Amasa, Yeter vi la, amesiwo wowu, eye wòbia hlɔ̃ ɖe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le aʋa me la nu le ŋutifafaɣi, eye wòna aʋaʋu ƒo eƒe alidziblanu, si le eƒe ali, kple afɔkpa, si le eƒe afɔ.
Ke nye la mele abe alẽvi mamlã, si wokplɔ yina wuwu ge ene, nyemenyae be, woɖo la me ɖe ŋunye o be: Mina míawu ati la kple eƒe tsetsewo, eye míatsrɔ̃e ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ne womagaɖo ŋu eƒe ŋkɔ azɔ o.
Esi Gilead wɔ nu vɔ̃ɖi la, eyata woatsrɔ̃ wo; esi wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilgal la, eyata woatsɔ woƒe vɔsamlekpuiwo ali kae ɖe boliƒo dzi le agble me abe kpewo ene.
Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwe miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi