Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 6:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ, elabena eyae vuvu mí, eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi. Eyae de abi mía ŋuti, eye eyae abla abi la na mí.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 6:1
36 Mawu Ofanana  

Eye duxɔlawo xɔ agbalẽawo le ha la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le Israel blibo la kple Yuda, eye wogblɔ le fia ƒe sedede nu bena Israel-viwo, mitrɔ ɖe Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamleawo, siwo gatso Asur-fia si me la ŋu!


Eƒe dɔmedzoe vuvum, eye wòwɔ avu kplim; feɖu aɖukli ɖe ŋunye, eye wòklẽ ŋku ɖe ŋunye abe nye futɔ ene.


Ne ètrɔ de ŋusẽkatãtɔ ŋu, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi la, ne èɖe nu manyomanyo ɖa le wò agbadɔ me,


Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,


Elabena edea abi eme ŋu, eye wògablanɛ, eƒoa ame, eye eƒe asi daa gbe le eŋu.


Nyea megblɔ le nye dziɖeɖi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ gbeɖe o!


Oo, Yehowa, megaka mo nam le wò dɔmedzoe me o, eye megahe to nam le wò dziku me o!


Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii.


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


Le ɣemaɣi la amegbetɔ atrɔ kɔ ɖe ewɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwò akpɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la dzi ɖa;


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Miado gu klosalo, siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpawo ŋu, kple sika, si le miaƒe legbawo ŋu; miaɖe wo ɖa abe ŋunyɔnu ene ahagblɔ ɖe wo ŋu bena Mido!


Gbesigbe Yehowa bia eƒe dukɔ ƒe kakaƒe, eye wòda gbe ƒe eƒe abi, si wòxɔ ŋu la, ɣleti ƒe keklẽ anɔ abe ɣe tɔ ene, eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe dzi zi gbɔ zi adre abe keklẽ le ŋkeke adre me ene.


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, eye mahaya mi tso miaƒe tatrawo me! Kpɔ ɖa, míeva gbɔwò, elabena wòenye Yehowa, mía Mawu!


Ale Yehowa gblɔ esi: Woƒo wò vevie ŋutɔ, eye abi vɔ̃e le ŋuwò.


Yehowa be: Mahaya wò, eye mayɔ dɔ wò ahiãwo; elabena wole yɔwòm be „amenyãdegbea“, Zion, „si ta womebiana sena o.“


Elabena wova, be woawɔ aʋa kple Kaldeatɔwo, ne woatsɔ amegbetɔ, siwo mewu le nye dɔmedzoe kple nye dziku me la ƒe kukuawo ayɔ wo me fũ, le esi meɣla nye ŋku me ɖe du sia le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta la ŋuti:


Kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wo, eye mahaya wo, eye mana ŋutifafa kple nyateƒe wo fũ,


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la Israel-viwo kple Yuda-viwo siaa atrɔ agbɔ, eye woano avi dzi ava ɖi Yehowa, woƒe Mawu la.


Woabia Zion ta ase, eye afima ma anɔ ŋku dzi na wo be: „Mina míaku ɖe Yehowa ŋu, eye míabla nu mava, si womaŋlɔ be akpɔ o!“


Ekplɔm trae, eye wòvuvum hetsɔ wɔ nu dziŋɔe.


Woakplɔ Yehowa ɖo, ne eɖe gbe be dzata ene; elabena ele gbe ɖe ge, eye ɣetoɖoƒeviwo aɖe abla ava.


Yehowa enye Mawu Zebaot, Yehowa enye eŋkɔ.


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Asur mate ŋu axɔ na mí o, míagado sɔwo o, eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔ be mía Mawu azɔ o, elabena gbɔwò nublanuikpɔkpɔ le na tsyɔ̃eviwe.“


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


Ke ne wogbugbɔ xɔ la tre, eye nunɔla la va, eye wòkpɔ bena, nu la mekeke ɖe nu le xɔa me o la, ekema nunɔla la nabu xɔ la be, eŋu kɔ, elabena nu la vɔ.


Mi dukɔ, si ŋu mekpena o, miƒo takpli, eye mido dɔgɔ̃e,


Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.


Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.


Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa