Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Israel ƒe dàda aɖi ɖase ɖe mo nɛ kem Israel kple Efrayim adze anyi le woƒe vodadawo la, eye Yuda hã adze anyi akpe ɖe wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu. Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 5:5
25 Mawu Ofanana  

Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woade ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya.


Ame maɖifɔ ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ na; ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi.


Woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ atutui aƒu anyi; ke ame dzɔdzɔe la akpɔ sitsoƒe le eƒe ku me.


Elabena ame dzɔdzɔe dzea enyi zi adre, eye wògafɔna; ke ame vɔ̃ɖiwo dzea dzɔgbevɔ̃e me.


nenema nye dzidzime, si ta ŋku kɔkɔ le, eye eƒe aɖahawo ɖe dzi;


Elabena Yerusalem amũ, eye Yuda adze anyi, le esi woƒe aɖewo kple woƒe nuwɔwɔwo tso ɖe Yehowa ŋu, ne woaɖo dziku na eƒe kɔkɔenyenye ƒe ŋkuwo ta.


Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.


Legba mèlawo katã la toflokowo wonye, eye woƒe nu lɔlɔ̃awo mele ɖeke me o; woawo ŋutɔwoe nye woƒe ɖasefowo be, womele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eyata ŋukpe alé wo.


Elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me, eye míaƒe nuvɔwo le ɖase ɖim le mía ŋu. Elabena míedze si miaƒe dzidadawo, eye miaƒe vodadawo la, míenya wo.


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


Wò vɔɖinyenye aka mo na wo, eye wò godzedze ahe to na wò, ne nadze sii, eye nakpɔ, alesi wòvɔ̃ɖii, eye wòvenae be, nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye vɔvɔ̃a ɖeke mele ŋunye na wò o, Aƒetɔ Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Eyata àdze anyi le ŋkeke me, nunɔla hã adze enyi akpe ɖe ŋuwò le zã me, eye matsrɔ̃ dawò.


Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.


Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o.


Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.


Israel-ɖetugbi dze anyi, megale fɔfɔ ge o; eɖo baba ɖe eƒe anyigba dzi, amea ɖeke mele efɔ ge ɖe tsitrenu o!


Alea mieɖia ɖase le mia ɖokui ŋuti bena, míenye amesiwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.


Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa