Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 “Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 5:13
16 Mawu Ofanana  

Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Tete Axaz dɔ ame ɖo ɖe Asur-fia Tiglat-Pileser, ne woagblɔ nɛ bena: Wò dɔla kple viwò menye, va, ne naɖem tso Aram-fia kple Israel-fia, amesiwo tso ɖe ŋunye la si me.


axɔ edzi agblɔ gbemagbe bena: „Nyemele abiwɔlaa ɖeke nye ge o, elabena abolo kple avɔa ɖeke mele aƒenye me o; migatsɔm ɖo dukɔ ƒe amegãe o!“


Ale Yehowa gblɔ esi: Woƒo wò vevie ŋutɔ, eye abi vɔ̃e le ŋuwò.


Ohola wɔ ahasi le megbe nye, eye wòle kukum ɖe eƒe ahiã viwo dzi, woawo nye Asurtɔ siwo ƒe ŋkɔ nya;


Woakplɔ nyivi la ayi Asur atsɔ awɔ nunanae na fia Yareb; ŋukpe alé Efrayim, eye Israel ƒe mo atsi dã ɖe eƒe tameɖoɖo la ŋu.


Efrayim tsɔ alakpadada ɖe to ɖem, eye Israel ƒe aƒe la tsa amefuflu ɖe to ɖem, ke Yuda gale eɖokui trɔm ɖe tsiƒo agbaƒo na eƒe Mawu, na kɔkɔetɔ nyateƒetɔ la ko.


Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!


Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam.


Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.


Elabena woyi Asur; gbetedzi la, eya ɖeka koliae nɔa anyi, ke Efrayim ya na nu eƒe ahiãviwe.


Elabena gbedada mele eƒe ƒoƒowo ŋu o; elabena eva Yuda ke, eye wòde nye dukɔ ƒe agbo nu vaseɖe Yerusalem ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa