Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ava me na nunɔla abe dukɔ la ene; mahe to nɛ le eƒe zɔzɔme ta, eye maɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 eya ta ale wòle: Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. Esia ta, mahe to na nunɔlaawo kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:9
23 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, woɖoa eteƒe na ame dzɔdzɔe ke hã le anyigba dzi, ʋuu keke wòayi ame vɔ̃ɖiwo kple nuvɔ̃wɔlawo nye gea?


Amegbetɔ ƒe nu ƒe kutsetse hea nyui vana nɛ taŋtaŋ, eye nusi ame ƒe asi wɔ la, eya gbugbɔna vana nɛ


Ame vɔɖi ŋutɔ ƒe vodadawo lénɛ, eye eƒe nuvɔ̃ ƒe ka ɖenɛ.


Eye woava me na dukɔ abe nunɔla ene, dɔlaŋutsu abe eƒe aƒetɔ ene, dɔlanyɔnu abe eƒe aƒenɔ ene, nuƒlela abe nudzrala ene, agbanatɔ abe agbanadola ene, eye fenyila abe fetɔ ene.


Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


ke boŋ Lewi-vi, siwo trɔ le yonyeme, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la ƒe vodadawo anɔ wo dzi;


Esi wosubɔ wo le woƒe legbawo ŋku me, eye wokplɔ Israel ƒe aƒe la de vodada me la, eyata mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu, ka atam bena: Ne womatsɔ woƒe vodadawo o fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ nɛ be Yezreel; elabena ekpɔtɔ vie mahe to na Yezreel ƒe hlɔ̃dodo ɖe Yehu ƒe aƒe la ŋu, eye matsi Israel ƒe aƒe ƒe fiaɖuƒe la nu.


Mahe to na wo ɖe nye didi nu, eye dukɔwo aƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe wo ŋu, ne mebe, mahe lo na wo le woƒe vodada eveawo ta.


Efrayim melɔ̃a nu le ya gbɔ o, eye wòtia ɣedzeƒeya yome; ele alakpadada kple ŋutasesẽ dzim de dzi gbesiagbe, eɖua dzo kple Asur, eye wòɖoa ami ɖe Egipte.


Yehowa le nya he ge kple Yuda, ahe to na Yakob le eƒe zɔzɔme nu, eye wòaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


Womegblɔ le woƒe dzi me kpɔ be, yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kala le ŋku dzi nam o.


Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.


Wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le Gilgal; afima melé fu wo le le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta; manyã wo atso aƒenye me, eye nyemagalɔ̃ wo azɔ o; woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Wogbẽ wòtso me abe le Gibea ŋɔli ene; ado ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa