Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wo nye nuɖuɖu na wo, eye dɔ le wo wum ɖe woƒe vodada ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene,

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:8
18 Mawu Ofanana  

Eye womebu akɔnta kple amesiwo si wode ga lae, be woatsɔ na dɔnunɔlawo o, elabena wo wɔe le anukware me.


Amesi ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ, amesi ƒe luʋɔ media aʋatso yome mɔ o, eye meda alakpa heka atam o ta,


Dawid tɔ. Yehowa, wòe mewu nye luʋɔ ɖe dzi na.


Do le avũawo wum vevie, eye womenya ƒoɖiɖi o, lãkplɔvi, siwo mele ɖeke nyam o la, wonye; wo katã wòlé woƒe mɔ, eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eƒe viɖe yome dim le goawo katã me.


Amevi, ŋutsu siawo lé woƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ woƒe vodadawo ƒe nukikliwo ɖo ŋku me, ɖe mana woabia gbema?


Elabena ne Israel ƒe aƒe la ƒe amea ɖe, alo amedzro, siwo le Israel la dometɔa ɖe trɔ le yonyeme, elé eƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ, ne woabia gbem nɛ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo ŋu nɛ.


Miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, eye mieɖu alakpakutsetse; elabena èle dzi ɖom ɖe wò tasiaɖamwo kple wò aʋawɔla gbogboawo ŋu.


Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu.


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.


Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamiekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanua ɖeke dim tso; mia si o, Yehowa. Zebaot ye gblɔe.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


amesiwo nu wòle be, woatsi nya ɖo, amesiwo trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiãm le viɖe ƒoɖi ta.


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Nukaŋuti miedo vlo nye vɔsalã kple nye nuɖuvɔsa, siwo meɖo hena nye nɔƒe la? Ebu viwòwo wum, eye mieɖu nye dukɔ ƒe vɔsanu nyuitɔwo da ami!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa