Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Esiawo tae miaƒe anyigba megale nuku wɔm o ɖo, anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:3
17 Mawu Ofanana  

Anyigba le nu xam wòte eŋu, ŋu kpe Libanon, eƒe lãme gbã, Saron zu abe gbegbe ene, eye Basan kple Karmel lu xe.


Ɣekaɣi anyigba naxa nu ase ɖo, eye gbe naƒu le anyigba blibo la dzi le edzi nɔlawo ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta, lãwo kple xewo natsrɔ̃, le esi wole gbɔgblɔm be, makpɔ míaƒe nuwuwu o la ta?


Elabena ahasitɔwo yɔ anyigba la dzi fũ, fiƒode na nu ti ka na anyigba la, eye gbegbe ƒe lãnyiƒewo ƒu, elabena woƒe zɔzɔme enye vɔ̃, eye woƒe kalẽwɔwɔ mele eteƒe o.


Meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, amegbetɔa ɖeke megali o, eye dziƒoxewo katã dzo yi.


Mawɔ Yerusalem woazu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.


Maɖafa avi le towo dzi, maxa nu, eye mato konyifaha le gbegbe ƒe lãnyiƒe, elabena wogblẽ ale be amegbetɔa ɖeke megato wo dzi yi o, eye womegase lãhawo ƒe xɔxlɔ̃ o; dziƒoxewo kple lãwo ʋu dzo.


Ƒumelãwo kple dziƒoxewo, gbemelãwo kple nutata, siwo katã tana le anyigba dzi, kpakple amegbetɔ, siwo katã le anyigba dzi la, adzo kpekpekpe le ŋkunye me, towo aŋe adze eme, agakpewo amũ, eye gliwo katã amũ adze anyi.


Lãwo le xɔxlɔ̃m, eye nyihawo le tsa glãla tsam, elabena gbeɖuƒea ɖeke meli na wo o; nu ti kɔ na alẽhawo hã.


Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.


Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Aƒetɔ la, gblɔ esi: Konyifafa anɔ ablɔwo katã me, eye woana alele dom le kpɔdomeewo katã, woayɔ agbledela ɖe nuxaxa ŋu, eye kuteƒehadzilawo ɖe konyifafa ŋu;


De anyigba maʋuʋu, eye edzinɔlawo katã naxa nu le esia ta oa? Akɔ dzi glodzoo abe Nil, eye wòadze agbo agadze anyi abe Egipte-tɔsisi la ene.


Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ.


Matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo, dziƒoxewo kple ƒumelãwo, matsrɔ̃ nuɖianuwo kple ame vɔ̃ɖiwo ɖa, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo ɖa le anyigba dzi, Yehowa ye gblɔe!


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa