Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeagbo ene; azɔ Yehowa anyii abe alẽvi ene le leƒe gbaoo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea?

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:16
19 Mawu Ofanana  

ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o.


eye woaŋlɔ wò kotikoti abe nu mligoe ene aɖo ɖe anyigba, si keke le goawo kple eve me la dzi. Afima naku ɖo, eye afima wò tasiaɖam nyuiawo atsi, wò, amesi nye wò aƒetɔ ƒe aƒe ƒe ŋukpe la!


Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, tsi tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo;


Alẽviwo aɖu gbe le afima, abe woawo ŋutɔ ƒe gbeɖuƒee wònye ene, eye lã tutɔwo aɖu nu le amidalawo ƒe aƒedowo me.


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Israel dzeaglã la tɔ dzɔ wu Yuda dzego la tɔ.


Eye Yehowa gblɔ nam le fia Yosiya ŋɔli bena: Ekpɔ nusi Israel dzeaglã la wɔa? Eyi to kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo gɔme, eye wòwɔ ahasi le afima.


Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.


Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Eyata dzata ado tso ave me agbã wo, amegãxi, si le gbegbe, atsrɔ̃ wo, lãkle ade xa ɖe woƒe duwo ŋu, eye wòavuvu amesiame, si do tso wo me. Elabena woƒe vodadawo sɔ gbɔ, eye woƒe godzedzewo do agbogbo.


Ke wogbe esese, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o; wozɔ le adaŋu, si wode le woƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe tamesesẽ me la nu, eye wotrɔ megbe ɖem, menye ŋku me o.


Nukaŋuti dukɔ sia, si nye Yerusalem, dze go ɖikaa? Woku ɖe alakpadada ŋu, eye wogbe tɔtrɔ.


Efrayim enye nyivi mamlã, si nu luƒoƒo vivina: Mekpɔ eƒe kɔ nyui la ta vaseɖe fifi, ke azɔ matsi Efrayim ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba.


Yi ava woƒe duwo dzi, aŋe woƒe gametiwo, eye wòaɖu nu le woƒe tameɖoɖowo ta.


Aglãdzedze de ŋunye vivia nye dukɔ nu, eye ne woyɔ wo ɖo ta dzi hã la, wo ɖometɔa ɖeke mefɔa eɖokui dzi o.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Ke wogbe toɖoɖo, wolia ʋume kpakoo, eye wote nu ɖe to me, be yewomagase nu o.


Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa